Mark 6:30-44

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

(Mateo 14:13-21; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-14)

30Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔwo gbɔ va eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ, kple teƒe siwo katã wode la nɛ.

31Yesu se nya siawo keŋ eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽ.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom ale wɔ be, ɣeyiɣi meli ne woaɖu nu o. 32Eya ta wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu. 33Gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo wonya afi si yim wonɔ eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi go le ʋua me teti ko. 34Ale abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alehã si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo. 35Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tsoabo, evɔ zã hã le dodom. 36Eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.”

37Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu kae míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”

38Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã memĩ eve koe li.”

39Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafa alafa kple blaatɔ̃wo me.

41Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã memĩ evea eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo kɔme. 42Ameawo ɖu nua ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã gɔ̃, 43eye esi nusrɔ̃lawo ƒoƒu abolo kple tɔmelã kake siwo susɔ ɖe gbea dzi la woyɔ kusi wuieve. 44Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.

Copyright information for EweBEE